Matthew 26:17-25

Yesu ɖu ŋutitotolẽvi la kple eƒe nusrɔ̃lawo

(Marko 14:12-21; Luka 22:7-14, 21-23; Yohanes 13:21-30)

17Le ŋkeke gbãtɔ si do ŋgɔ na abolo maʋamaʋã ɖuɖu ƒe ŋkekea dzi la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu eye wobiae be, “Afi kae míele ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”

18Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe, mi gblɔ nɛ bena, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be, yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava dze gbɔwò aɖu ŋutitotoŋkekenyui la.’” 19Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ eye wodzra ɖo na ŋkekea ɖuɖu le afi ma.

20Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu eye woɖu nu. 21Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”

22Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?”

23Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge. 24Ele nam be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene. Gake baba na ame si adem asi. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la anyo nɛ wu sa.”

25Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”

Copyright information for EweBEE